EWETR-BEYO ɣeyiɤi Metsovɔ La Godo VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWETR-BEYO Beyond...

18
ɣeyiɤi Metsovɔ La Godo William Marrion Branham

Transcript of EWETR-BEYO ɣeyiɤi Metsovɔ La Godo VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWETR-BEYO Beyond...

Page 1: EWETR-BEYO ɣeyiɤi Metsovɔ La Godo VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWETR-BEYO Beyond The...metsovɔ la godoa?” Meɖo ŋu be, “Esia akpe ɖe ŋunye ŋutɔ.” Kasia kpɔ ɖa,

ɣeyiɤi Metsovɔ La Godo

William Marrion Branham

Page 2: EWETR-BEYO ɣeyiɤi Metsovɔ La Godo VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWETR-BEYO Beyond The...metsovɔ la godoa?” Meɖo ŋu be, “Esia akpe ɖe ŋunye ŋutɔ.” Kasia kpɔ ɖa,
Page 3: EWETR-BEYO ɣeyiɤi Metsovɔ La Godo VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWETR-BEYO Beyond The...metsovɔ la godoa?” Meɖo ŋu be, “Esia akpe ɖe ŋunye ŋutɔ.” Kasia kpɔ ɖa,

ɣeyiɤi Metsovɔ La Godo

Nyitsɔ ŋdi aɖe la memlɔ nye aba dzi. Eye me…medɔ al�, eye meku dr�e be Yosef nɔ dɔ lém, ale mekɔe be mado gbe ɖa ɖe eta. Ke esi meny� la, metɔtɔ ŋutɔ. Megblɔ be, “Enyo, ɖewoh ɖe Yosef gbɔna dɔ dze ge.”

Tete mekpɔ, le ŋgɔnye la, vɔvɔli sue, yibɔe aɖe, alo esi ƒe amadede le h� la le yiyim. Ke ewɔ abe nyee nye ekem ene. Eye mele ŋku ɖe eŋu. Eye Amea ɖe si fu tititi la le eyome gbɔna, ke Eyama ye. Meɖe ŋku kpɔ sr�nye, be makpɔ be ɖe wòle ŋu, ne matsɔ esia afiae, akpɔ ɖa be eya hã ate ŋu kpɔ ŋutega la mahã. Gake enɔ al� dɔm.

Megblɔ be, “Oo, meɖe kuku, Aƒetɔ. Gake, nenema ko nye agbe le. Wò ko wòle na be natutum yi nusianu si mewɔ la gbɔ. ɣesiaɤi si nane adzɔ kola, mebunɛ be Wò gbɔ esia tso. Ke meva kpɔe de dzesi be Satana ye le agbagba dzem be yeatem ɖa tso nua gbɔ.” Megblɔ be, “Ne ɖe nàte ŋu akplɔm ko.” Eye esi menye kɔ la, mekpɔ ame ƒe mo nyakpɔ ŋutɔa ɖe si tɔgbe nyemekpɔ le amegbetɔ aɖeke ŋu kpɔ o. Ele ŋgɔnye, hetrɔ le megbe kpɔm. Edo Eƒe asi ɖa helé tɔnye, hetu ta afisia go dzi. Tete ŋutega la bu ɖem. Nyitsɔ Kwasiɖagbe ŋdi aɖe la, menɔ, meny� kaba. Ŋutega sia ya la, Memliɖagbee. Le…

ɣesiaɤi la metsia dzimaɖi. ɣesiaɤi la mebuna be mele kuku ge. Esia, na nye si xɔ ƒe blaat� la, esia nye, nye ɤeyiɤi me…nyemesusui be egadidi akpa o. Ke mebiana ɖokuinye se bena nuka mava nye le teofani, alo dziƒo ŋutilã ma me. “Đe wòate

Page 4: EWETR-BEYO ɣeyiɤi Metsovɔ La Godo VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWETR-BEYO Beyond The...metsovɔ la godoa?” Meɖo ŋu be, “Esia akpe ɖe ŋunye ŋutɔ.” Kasia kpɔ ɖa,

2

ŋu anye be mava kpɔ x�nye veviwo eye, míagblɔe ko be, afu ɤi suea ɖe si va le eme tsom, eye magblɔ be, ‘Nɔviŋutsu Neville enye ekem va yina ɖaa,’ alo, eya màte ŋu agblɔ be, ‘Ef�a, Nɔviŋutsu Branham’ o mahã? Eye ne Yesu va la, ekema magazu ame ake.” Mebua eŋuti enuenu.

Meku drɔe kpɔ be meyi ɤetoɖoƒe. Eye meva zɔ gbɔna to dzogbeʋeʋ wo me le teƒe suea ɖe, eye nye kple sr�nye ye, eye míenɔ tɔmelã ɖem. Eye metɔ te he—heʋu agbo la, eye dziŋgɔli me nyakpɔkpɔ ŋutɔ. Menɔ abe alesi wònɔna le bali me afisia o. Eme kɔ keŋ, eye alilikpoawo hã fu tititi henyakpɔkpɔ. Eye megblɔ na sr�nye bena, megblɔ be, “Anyo wu be míadzo va teƒe sia, xoxoxoe, l�l�a.” Eɖo ŋu bena, “Le ɖeviawo ta, anye ne míeva xoxo, Billy.” Megblɔ be, “Eya nye…” Tete meny�.

Mesusu be, “Mele dr�e kum akpa! Nyemenya nukatae o.” Ke esi mekpɔ anyime lɔƒo la, emlɔ nye axa dzi.

Eye mekɔ ɖe nye suɖui ŋu, abe alesi mia dome ame geɖewo wɔnɛ ene, metsɔ nye ta ziɔ ɖe—ɖe abati la ƒe tagbe-ti la ŋu, hetsɔ nye asiwo ɖo megbe. Eye medre ɖe afima alea. Eye megblɔ bena, “Enyo, nyemenya nuka koŋ wòava nye, le go kemɛ dzi o. Mexɔ ƒe blaat� vɔ xoxo, evɔ nyemewɔ naneke haɖe o. Ne anye be nane wɔwɔ le ŋunye si akpe ɖe Aƒetɔ la ŋu ko, elabena menya be nyemegale kukua nye ge o. Ne eglo hã, nye game ƒe afã teti ya nu yi vɔ, alo awu afã ŋutɔ g� hã. Ne ɖe manɔ agbe atsi abe amenyewo ene hã la, nye game ƒe afã ya nu yi vɔ.” Tete meɖe ŋku kpɔ nu. Eye nyee nye ma gale aba dzi, hele didim be

Page 5: EWETR-BEYO ɣeyiɤi Metsovɔ La Godo VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWETR-BEYO Beyond The...metsovɔ la godoa?” Meɖo ŋu be, “Esia akpe ɖe ŋunye ŋutɔ.” Kasia kpɔ ɖa,

3

maf�. Anɔ abe ŋdi ga adre me ene. Megblɔ be, “Mexɔe se be mele sɔleme yi ge, ŋdi sia. Ne nye gbe me xa hã la, adzrom be maɖo to ase Nɔviŋutsu Neville wòagblɔ mawunya.”

Ale megblɔ be, “Eny�a, l�l�a?” Ke edɔ al� yi ɖe me ʋ .

Azɔ nyemedi be miada esia ƒu o. Eyae trɔm. Nyemagate ŋu anye Nɔviŋutsu Branham ɖeka ma si menye tsã o.

Tete meɖe ŋku kpɔ. Kasia mese Nane, si nɔ gbɔgblɔm madzudzɔmadzudzɔe bena, “Ðeko nèdze esia gɔme nye si. Ʋli le aʋa la me. Nɔ ʋliʋli la dzi ko.”

Meʋuʋu ta s . Mesusu be, “Enyo, ɖewoh nye ŋutɔ koe le ebum nenema.” Minyae, ame ate u asusu nanewo kpɔ. Ke megblɔ be, “Ðewoh , nye koe le esia susum.”

Egblɔ be, “Ʋli le aʋa la me. Zɔ yi ŋgɔ ko. Zɔ yi ŋgɔ ko.”

Eye megblɔ be, “Ðewoh nye ŋutɔe gblɔe.” Eye mele nye nu de eme, hetsy� asi nu.

Eye Egava ake, hegblɔ be, “Nɔ ʋliʋli la dzi ko. Ne ɖe nanya nusi le mɔ la ƒe nuwuwu la f !”

Ke ewɔ nam abe ɖe mese Graham Snelling, alo ame bubu aɖe, si le ha sia dzim alea. Wodzinɛ le teƒe sia, Anna Mae kple mia dome amesiame.

Aƒe le dzroyem vevie medi be makpɔ Yesu.Ase ʋudzeƒe ga viviwo ƒe ɖiɖi.Àklẽ nam le mɔa dzi aɖe nye vɔv�wo ɖa.Aƒetɔ, na makpɔ ɤeyiɤi metsovɔ la godo.

Page 6: EWETR-BEYO ɣeyiɤi Metsovɔ La Godo VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWETR-BEYO Beyond The...metsovɔ la godoa?” Meɖo ŋu be, “Esia akpe ɖe ŋunye ŋutɔ.” Kasia kpɔ ɖa,

4

Miese wodzinɛ le gbedoxɔme le afii.

Eye mese Nane gblɔ be, “Èdi be yeakpɔ ɤeyiɤi metsovɔ la godoa?”

Meɖo ŋu be, “Esia akpe ɖe ŋunye ŋutɔ.”

Kasia kpɔ ɖa, le aɖabaƒoƒo ɖeka me kola, Me…Ya gbɔgbɔ ɖeka me kola meva ɖo teƒe sue aɖe si ɖi abu. Menyè kɔ kpɔ megbe, ke nye kee nye ma, mlɔ aba dzi le gama. Eye megblɔ be, “Nusia wɔ nuku loo.”

Azɔ, nyemadi be míagbugbɔ gblɔ esia o. Esia la nye hamea ƒe ŋkumee, alo al ha si kplɔm mele la. Eɖanye, ŋutilã sia mee o alo egodoe o la, ɖe woɖakɔe yii o la, nusia mesɔ kple ŋutegã siwo mekpɔ vaseɖe fifia ƒe ɖeke o. Mate ŋu akpɔ Afimɛ, agate ŋu akpɔ afisia hã.

Ke esi meɖo Teƒe sue ma la, ameha gãa ɖe si nyemekpɔ kpɔ o la nɔ du sim gbɔna gbɔnye, hele ɤli dom be, “Oo, mía nɔviŋutsu vevi!”

Eye meɖe ŋku hekpɔ. Eye ɖetugbuiwo, wote ɖe ƒe blaeve ŋu, ƒe wuienyi yina ƒe blaeve, wole asi kplam kɔ nam, hele ɤli dom be, “Mía nɔviŋutsu vevi!”

Ðekakpuiwo hã va do, le woƒe sɔhɛnyenye ƒe kekl me. Eye woƒe ŋkuwo le dzo dam hele kekl m abe ɤletiviwoe le zã tsiɖitsiɖia ɖe me ene. Woƒe aɖuwo fu tititi abe adzagba ene. Tete wonɔ ɤli dom, henɔ atuu wɔm nam, nɔ ɤli dzi dzi be, “Oo, mía nɔviŋutsu vevi!”

Tete metɔ te, hetrɔ kpɔ ɖokuinye. Eye mezu ɖekakpui. Metrɔ kpɔ nye ŋutilã xoxo si le anyimlɔƒe le gama, hetsɔ eƒe asiwo ɖo ʋu me. Eye megblɔ be, “Nyemese nusia gɔme o ɖe.”

Page 7: EWETR-BEYO ɣeyiɤi Metsovɔ La Godo VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWETR-BEYO Beyond The...metsovɔ la godoa?” Meɖo ŋu be, “Esia akpe ɖe ŋunye ŋutɔ.” Kasia kpɔ ɖa,

5

Ke ɖetugbui siawo le asi kplam kɔ nam. Azɔ, menya be toɖolawo tsaka le afisia, ke Gbɔgbɔ fatu kple bɔbɔenyenye metsɔ le nya sia gblɔmee. Ŋutsu mate ŋu alé nyɔnu ɖe eƒe abɔ me seselelãme manɔmee o; gake mele Afima ya o. Eto si vayi alo etsɔ si gbɔna meli o. Đeɖi metea wo ŋu o. Wonye…Nyemekpɔ nyɔnuwo dzetugbe nenema kpɔ le nye agbe me o. Woƒe taɖa didi keke ɖo ali dzi; woƒe awu didi ɖo afɔgɔme. Eye atuu wɔwɔ dzi ko wole nam. Ke atuu wɔwɔ sia mele abe nye ŋutɔ nɔvinye nyɔnu, si nɔ anyi ɖe afima, ƒe atuu wɔwɔ g� hã ene o. Womele nu gbugbɔm nam o, eye nye hã nyemele nu gbugbɔm na wo o. Enye nane si nyeme—nyemekpɔ nyatia ɖeke—ɖeke na o, nyagbe mele asinye matsɔ agblɔe o. “Blibodede” mete ɖe eŋu kura o. “Enyo ta” mexaɖa afia ɖeke nɛ, kura o. Enye nane si nyeme…Wò ŋutɔ koe ade Teƒe ma.

Eye mekpɔ go si me, kple go kemɛ me. Eye wogbɔna, wonye akpeakpewo. Tete megblɔ be, “Nyemese nusia gɔme o ɖe.” Mebe, “Enyo, wo…” Eye Hope nye esi va do. Eyae nye sr�nye gbãtɔ. Ele du dzi, ke megblɔ kpɔ gbeɖe be, “Sr�nye o.” Ebe, “Nɔvinyeŋutsu vevi,” eye ale wòwɔ atuu nam. Nyɔnu bubu aɖe si hã tsi tre ɖe afima, esi tre atuu wɔwɔ nam, eye Hope wɔ atuu na nyɔnu sia hã; kple amesiame. Eye mesusu be, “Oo, nusia ɖo lanye nane si to vo. Mate ŋu anɔ nenema o…Nane ye…” Mebui be, “Oo, ɖe madi kpɔ gbeɖe be magatrɔ yi ŋutilã kuku xoxo ma mea?”

Mekpɔ afima lɔƒo. Mesusu be, “Nukae nye sia?” Evɔ la, menyakpɔkpɔ ŋutɔ. Eye me—megblɔ be, “Nye—Nyemate ŋu ase nusia gɔme o.” Ke Hope le ko abe, oo, bubume kpekpe aɖe ene. Meto vovo o, gake ɖeko wodze abe bubume kpekpe aɖe ene.

Page 8: EWETR-BEYO ɣeyiɤi Metsovɔ La Godo VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWETR-BEYO Beyond The...metsovɔ la godoa?” Meɖo ŋu be, “Esia akpe ɖe ŋunye ŋutɔ.” Kasia kpɔ ɖa,

6

Eye mese Gbe si ƒo nu kplim, esi nɔ xɔ la me, gblɔ bena, “Esiae nye nusi nèɖe gbeƒãe be enye Gbɔgbɔ Kɔkɔe. Esiae nye L�l� deblibo. Eye naneke mate ŋu age ɖe Teƒe sia Eya manɔmee o.”

Meɖo tame vevie, esi tɔgbe nyemeɖo kpɔ gbeɖe tsã le nye agbe me o, bena ehiã L�l� deblibo, hafi woade Afima. Ŋuʋãʋã ɖeke mele afima o. Đeɖiteameŋu hã meli o. Ku mele afima o. Dɔlélé mate ŋu age ɖe Afima, gbeɖe o. Kuku ate—mate ŋu awɔ wò nàtsi o. Eye wo…Womate ŋu afa vi o. Dzidzɔ ɖeɖe sɔŋ koe.

“Oo, nɔvinyeŋutsu vevi!” Tete wokɔm ɖe dzi, heda ɖe teƒe kɔkɔ gbadzaa ɖe.

Mesusu be, “Menye dr�e kum mele o ɖe. Mele nye—nye amekpotia kpɔm wòmlɔ aba dzi le afii.”

Ke wokɔm da ɖe afima. Eye megblɔ bena, “Oo, medze be manɔ afisia o.”

Tete ŋutsuwo kple nyɔnuwo do go, tso akpa eveawo, le woƒe sɔhɛnyenye vãvãtɔ me, hele ɤli dom. Eye nyɔnu ɖekaa ɖe nɔ tsitre ɖe afima, eye wòdo ɤli sesi be, “Oo, nɔvinyeŋutsu vevi! Oo, dzi dzɔ mí ŋutɔ be míekpɔ wò le Teƒe sia.”

Megblɔ be, “Nyemese esia gɔme o.”

Tete, gbe ma si nɔ nu ƒom, le nye tame la, gblɔ bena, “Enyaa, woŋl� ɖi le Biblia me, bena, ‘Nyagblɔɖilawo ƒoaƒu kple wotɔwo.’”

Eye megblɔ be, “�, meɖo ŋku esia dzi le Ŋɔŋl�awo me.”

Egblɔ bena, “Enyo, Esiae nye ɤeyiɤi sime naƒoƒu kple tɔwòwo.”

Page 9: EWETR-BEYO ɣeyiɤi Metsovɔ La Godo VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWETR-BEYO Beyond The...metsovɔ la godoa?” Meɖo ŋu be, “Esia akpe ɖe ŋunye ŋutɔ.” Kasia kpɔ ɖa,

7

Megblɔ be, “Ekema woanye ame ŋutɔŋutɔ, eye mate ŋu alé wo kpɔ.”

“Oo, � ɖe.”

Megblɔ be, “Evɔ la, ame akpe teƒe akpewo wonye. Branhamwo mesɔgbɔ nenema o ɖe.”

Tete Gbe ma gblɔ bena, “Menye Branhamwo wonye o. Amesiwo nena wotrɔ dzi me la wonye. Woawoe nye amesiwo nèkplɔ vɛ na Aƒetɔ la.” Eye wògblɔ be, “Nyɔnuawo dometɔa ɖewo, siwo ŋuti nèbu le be wodze tugbe ŋutɔ la, xɔ ƒe wu blaasieke hafi nèkplɔ wo vɛ na Aƒetɔ la. Mewɔ mo yaa bena wole ɤli dom be, ‘Mía Nɔviŋutsu vevi o!’”

Tete wodo ɤli, wo katã ziɖeka, gblɔ bena, “Ne menye ɖe nèyi o la, anye ne míanɔ Teƒe sia o.”

Metsa ŋku godoo. Mebu be, “Enyo, Eme mekɔ nam o.”

Megblɔ bena, “Oo, afika Yesu le? Medi be makpɔ Eyama, vevie ŋutɔ.”

Wogblɔ bena, “Fifi la, Egale kɔkɔƒe wu esia vie, le dzi afima tututu.” Ebe, “Gbeɖeka la ava gbɔwò. Èkpɔea?” Ebe, “Wodɔ wò ɖa, be nanye kplɔla. Ke Mawu le vava ge. Eye ne Eva la, gbã la, adr� ʋɔnu wò ɖe nusi nèfia wo la nu, ne woage ɖe eme loo alo womage ɖe me o. Míage ɖe eme tsã le wò nufiafia la nu.”

Megblɔ bena, “Oo, edzɔ dzi nam ŋutɔ. Ke, Paulo ɖe, ele nɛ be eya hã nava nɔ tsitre ɖi alea? Đe Petro hã ava nɔ tsitre alea?”

Page 10: EWETR-BEYO ɣeyiɤi Metsovɔ La Godo VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWETR-BEYO Beyond The...metsovɔ la godoa?” Meɖo ŋu be, “Esia akpe ɖe ŋunye ŋutɔ.” Kasia kpɔ ɖa,

8

“�.”

Megblɔ bena, “Ekema meɖe gbeƒã Nya sia nya si ƒe gbeƒã woawo hã woɖe. Nyemetra ɖa tso Esia gbɔ kpɔ, heyi miã alo ɖusi me o. Esi wonyr� ame ɖe Yesu Kristo ƒe Ŋkɔa dzi la, nye hã mewɔe. Esi wofia Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe nyɔnyr� la, nye hã mefiae. Nusianu si wofia la, nye hã mefiae.”

Tete nenem mewo do ɤli ses e, gblɔ bena, “Míenyae nenema. Eye míenyae bena míakpli wò, míele tɔtrɔ ge ayi anyigbadzi, gbeɖeka.” Wogblɔ bena, “Yesu lava, eye woadr� ʋ�nu wò ɖe Nya si nèɖe gbeƒãe na mí la nu. Ke ne woxɔ wò le ɤemaɤi la, eye woaxɔ wò hã,” eye wogblɔ be, “ekem àtsɔ mí aɖo Eƒe ŋkume, abe wò subɔsubɔdɔ ƒe aboyonuwo ene.” Wogblɔ bena, “Àkplɔ mí ayi Nɛ, eye, Mí katã ɖe du la, míatrɔ ayi anyigbadzi, aɖanɔ agbe tegbe.”

Megblɔ be, “Đe wòle nam be magatrɔ ayi fifia?”

“�. Gake la nɔ ʋliʋli la dzi ko.”

Meɖe ŋku hekpɔ. Eye mate ŋu aganɔ ameawo kpɔm, tso adzɔge ʋ alesinu ko mate ŋu akpɔ la, wogbɔna, kple ɤli, hele didim be yewoawɔ atuu nam bena, “Mía nɔviŋutsu vevi!”

Kasia Gbe aɖe gblɔ le afima be, “Nusianu si nèl� kpɔ, kple nusianu si l� wò kpɔ la, Mawu tsɔ wo na wò le Afisia.” Tete meɖe ŋku. Eye nye avu xoxo lae nye si, zɔ gbɔna gbɔnye. Nye sɔ hã nye si va, eye wòtsɔ eƒe ta ɖo nye abɔta, hexl�. Egblɔ be, “Nusianu si nèl� kpɔ, kple nusianu si l� wò kpɔ la, Mawu tsɔ wo de asi na wò, to wò subɔsubɔdɔ me.”

Eye mekpɔ ɖokuinye be medzo le Teƒe nyakpɔ ma.

Page 11: EWETR-BEYO ɣeyiɤi Metsovɔ La Godo VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWETR-BEYO Beyond The...metsovɔ la godoa?” Meɖo ŋu be, “Esia akpe ɖe ŋunye ŋutɔ.” Kasia kpɔ ɖa,

9

Eye meɖe ŋku. Megblɔ be, “Lɔl�a, èny�a?” Egale al� dɔm ko.

Eye mesusu be, “Oo Mawu! Oo, kpe ɖe ŋunye dzro, Oo Mawu. Megana be makpɔ Nya ɖeka pɛ teti hã aŋe aɖaba ƒu dzi o. Na be matɔ te tututu ɖe Nya la dzi, eye maɖe gbe ƒã Esia. Meka nusi gbɔna alo esi va yi o, nusi amea ɖe wɔ o; Saul nenie le Kis viwo dome, atsi tre o, nusi, nuɖea, alo nu kemɛ nenie o la. Na bena, Aƒetɔ, maʋli ade Teƒe ma.” Ku ƒe ŋ�dzi katã…

Mele esia gblɔm, le esime nye Biblia le ŋgɔnye, ŋdi sia. Ŋutsuvi suea ɖe le asinye le afima, xɔ ƒe ene, si wòle nam be mahe. Nyɔnuvi ƒe asieke vi; le asinye nye tugbedzɛ, esi ta meda akpe ɖo, be etrɔ ɖe Aƒetɔ la ŋu. Mawu, na manɔ agbe, ahe wo le Mawu ƒe nux�xl� katã me.

Gawu esia la, ewɔ abe ɖe xexeame katã le ɤli dom ɖo ɖem, nyɔnuwo kple ŋutsuwo siwo xɔ ƒe blaasieke, kple ɖesiaɖe ƒomevi. “Ne menye ɖe èyi o la, anye ne míanɔ Teƒe sia o.”

Ke, Mawu, na mayi aʋa la dzi. Ke ne ehiã ku g� la, nyemegale…Anye dzidzɔ nam, anye vivisese nam, be mage ɖe eme, adzo le gbegbl kple ŋukpe sia me.

Ne mate ŋu, alia de egodo ɖaa ko, afisi kɔ de agbadroƒe akpeakpe nanewo le yame ʋ , dzogui ene nɔƒea ɖe, ke ema nye L�l� deblibo; afɔɖeɖe ɖesiaɖe gbɔna afisia la, mɔ la, le miamiam ɖe dzi, ʋuu va ɖo teƒe si míele fifi laa. Esia ya nye gbegbl ƒe vɔvɔli ɖeɖe ko, nu vi sue aɖe ko si ŋkɔ míate ŋu ase eye míanya be nane le afiaɖe. Nusi wònye la míenyae o.

Oo, X�nye veviwo, nye l�l�tɔwo, vinye mal�nugbɔwo to Nyanyui me, vi siwo medzi na Mawu, miɖo tom, nye

Page 12: EWETR-BEYO ɣeyiɤi Metsovɔ La Godo VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWETR-BEYO Beyond The...metsovɔ la godoa?” Meɖo ŋu be, “Esia akpe ɖe ŋunye ŋutɔ.” Kasia kpɔ ɖa,

10

miaƒe kplɔla. Miawo la, adzrom be mɔnua ɖe nanɔ anyi si matsɔ ɖe esia gɔme na mie. Nyagbe aɖeke meli o; nyemekpɔ ɖeke o; Mele afia ɖeke o. Gake le ya gbɔgbɔ mlɔetɔ sia megbe la, nu dzeani ŋutɔŋutɔ aɖe li esi miate ŋu gbeɖe kpɔ…Gɔmeɖeɖe aɖeke mele eŋu o. Đeke meli o. Kpuie la nyemate ŋui o. Gake nusianu si wɔm miele la, x�nye, miɖe asi le nu tutɔ ɖesiaɖe ŋu vaseɖe esime L�l� deblibo nasu mia si. Miɖo ɖoƒe si miate ŋu al� amesiame, futɔ ɖesiaɖe, nu tutɔ ɖesiaɖe.

Na nye ya la, Teƒe ma sasrãkpɔ ziɖeka ma, wɔm mezu ame bubu sãã. Nyemagate ŋu anye Nɔviŋutsu Branham ma si menye tsã la gbeɖe, gbeɖe, gbeɖe kpɔ o. Yameʋuwo ɖale segesege dam o, dzikedzo ɖale dzo sim miamiamia o la; ŋkutsalawo ɖatsɔ tu ɖo dzinye o la. Nuka ke wòɖanye o la, mewɔ naneke o. Mayi dzi aʋli le aʋa la me, to Mawu ƒe amenuveve me. Elabena, megblɔ Nyanyui la fia nuwɔwɔwo katã kple amesiame si mate ŋu agblɔe na la, heƒo nya ɖe wo nu le Anyigba nyui nyakpɔ si le go kemɛ dzi la ŋuti.

Adze abe nu ses ene, Anya hiã ŋus geɖe ya. Nyemenya vaseɖe ɤekaɤie o. Míenya o, le kodzogbe ƒe nyagbɔgblɔ nu. Le…kuɖe dodokpɔ si mewɔ nyitsɔ vayi ŋuti la, egblɔ be, “Ƒe blave vɔ at� gale ŋgɔ nawò nanɔ agbe nyuie, le lãmes me. Èle ses e.” Esia kpeɖe ŋunye. Gake la, oo, menye nua ye ma o. Menye eyae o. Nane wònye le ememe afii ke. Ele be nu gbegbl sia nado magbl magbl . Eye nukuku sia nado makumaku.

Kis viwo ate ŋu atsi tre. Nye…Nu nyui siwo katã wɔm wole la, nyemeɖo nya v�a ɖeke agblɔ tso eŋu o, nu nana ame dahewo kple dɔmenyowɔwɔwo. Ke miɖo ŋku dzi, nukaŋutie, Samuel gblɔ na Saul bena, “Wò

Page 13: EWETR-BEYO ɣeyiɤi Metsovɔ La Godo VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWETR-BEYO Beyond The...metsovɔ la godoa?” Meɖo ŋu be, “Esia akpe ɖe ŋunye ŋutɔ.” Kasia kpɔ ɖa,

11

hã agblɔ nya ɖi.” Eye ame geɖewo le wo dome nye amegãwo, mawunyagblɔla ses wo, esiwo ate ŋu agblɔ Nya la abe mawudɔlagãwo ene. Gake hã la menye Mawu ƒe l�l�nu o. Mawue dze be wòanye fia na wo. Nɔviŋutsu, nɔvinyɔnu, wò la ɖe mɔ be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nakplɔ wò.

Mina míade míaƒe tawo to vie.

Aƒe le dzroyem, medi be makpɔ Yesu,Ase ʋudzeƒe ga viviwo ƒe ɖiɖi;Aklẽ nam le mɔa dzi, aɖe nye vɔv�wo ɖa;Aƒetɔ, kɔm de ɤeyiɤi metsovɔ la godo.

Aƒetɔ na makpɔ blanui kple vɔv� ƒe avɔ la godo;

Na makpɔ xexe keklẽ la; Ado ŋusẽ nye xɔse, eye aɖe vɔv�wo ɖa keŋ; Aƒetɔ, na makpɔ ɤeyiɤi metsovɔ la godo.

Meka ɖe dzi, Aƒetɔ, be ne ɖe hame sue sia, ate u akpɔ dometsovɔ la godo, le ŋdi sia kola! Fuwɔame ɖesiaɖe si le wodome la; ƒe ɖeke maganɔ anyi o. Dɔlélé aɖeke o; naneke o negbe blibodede ko. Ke ya gbɔgbɔ ɖeka pɛ koe le afii kple Afimɛ dome, tso amegãkuku me yi ɖekakpuinyenye me, tso ɤeyiyi me yi Mavɔmavɔ me; atso le etsɔ si gbɔna ƒe ɖeɖiteame u, kple etsɔ si vayi ƒe nuxaxa me, ʋuu aɖo Mavɔmavɔ ƒe fifi ɤeyiɤi la me le blibodede me.

Medo gbe ɖa, Mawu, bena Nàyra amesiame le afisia. Nenye be amea ɖewo le afisia, Aƒetɔ, esiwo medze si Wò le L�l� ƒe mɔ ma dzi o la. Eye le nyateƒe me la, Fofo, naneke mate u age ɖe Teƒe kɔkɔe ma L�l� ma ƒomevi manɔmee o, Dzidzi yeye, amenyenye

Page 14: EWETR-BEYO ɣeyiɤi Metsovɔ La Godo VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWETR-BEYO Beyond The...metsovɔ la godoa?” Meɖo ŋu be, “Esia akpe ɖe ŋunye ŋutɔ.” Kasia kpɔ ɖa,

12

la ƒe gbugbɔgadzi. Gbɔgbɔ Kɔkɔe, Mawu la, enye L�l�, eye míenya bena nyateƒee. Meka alesi míaɖe towo ɖa to xɔse me o, ne míegawɔ nu gãwo, ke hã, ne Ema mele afima o la, míele u te ge alia atrakpui gã ma le afimɛ ɖaa o. Gake kple Esia la, Akɔ mí agbɔ xexe siame ƒe dzimaɖiwo ta. Mebia, Fofo, be Nàyra amesiwo le afisia.

Ale neva me, bena, amesiame si ɖo tom, megblɔ Nyateƒe sia, di sia, bena Wò nànye nye ɖasefo, Aƒetɔ, abe alesi Samuel gblɔ gbaɖegbe ene bena; “Ðe megblɔ nya ɖe na wo le Wò kɔ dzi kpɔ si menye nyateƒe oa?” Woawoe nye ʋɔnudr�lawo. Eye megblɔe na wo azɔ, be èkɔm de Anyigba ma dzi. Ke Ènyae bena esia nye nyateƒe.

Ke Azɔ la, Fofo, ne amea ɖewo li si menya Wò o la, esia nanye gaƒoƒo si dzi wòagblɔ le dzro bena, “Aƒetɔ, tsɔ lɔl�nu si lanye Wò l�l�nu la de menye.” Na wòava me dzro, Fofo.

Eye azɔ, miawo, esime miede ta agu la, ɖe miawu miaƒe asiwo dzi, agblɔ be, “Do gbe ɖa ɖe tanye, Nɔviŋutsu Branham o mahã; Mawu ƒe l�l�nu nenɔ menye.”

Azɔ, esi miele tsitre ɖe afisi miele la, le tufafa blibo me, nukaŋuti miagblɔ ko na Fofo la bena, “Mawu, tso nye dzi me ke, egbe la, megbe nu le xexeame nuwo katã gbɔ. Megbe nu le nusianu gbɔ, be mal� Wò eye masubɔ Wò, nye agbe blibo la katã. Eye mal�, tso egbe sia dzi, heyina la, adze Yowò me, le Ŋɔŋl� ɖesiaɖe si le Wò Biblia me oa”? Nenye be mèxɔ Kristotɔ ƒe nyɔnyr� o la, “Aƒetɔ, maxɔe.”

Page 15: EWETR-BEYO ɣeyiɤi Metsovɔ La Godo VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWETR-BEYO Beyond The...metsovɔ la godoa?” Meɖo ŋu be, “Esia akpe ɖe ŋunye ŋutɔ.” Kasia kpɔ ɖa,

13

“Nenye be nyemexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe haɖe o la…” Ne èxɔ Esia la ànya. Eyae ana wò, Eyae ana kakaɖedzi kple L�l� si nèhiã la wò. Oo, ɖewo èwɔe bubue mah , èxɔ seselelãmewo, abe ɖewo èdo ɤli alo ƒo nu kple gbegbɔgblɔwo mah , esi nyo ŋutɔ. Gake ne Mawume L�l� ma mele afima o la, xɔ dzinye se fifia, nagblɔ be, “Aƒetɔ, dee nye dzi, kple luʋɔ me, nusi nye Wò Gbɔgbɔ ƒe asikameŋu, ale bena mate ŋu al� ame, ade bubu eŋu, eye Mawume L�l� ma nanɔ nye dzi me, egbe sia, esi lakplɔm de Anyigba ma dzi ne nye gbɔgbɔ mlɔetɔ do le menye,” esi míele gbe sia dom ɖa la. Wò, ŋutɔ hã, do gbe ɖa azɔ. Do gbe ɖa, alesi nèl�, nàbia be Mawu newɔe na wò.

Mel� mi. Mel� mi. Mi ŋutsu vevi siwo nɔ anyi ɖe afisia esiwo ƒe taɖa fu la, mi amesiwo tsɔ kutrikuku wɔ dɔe henyi ɖevi suewo! Mi vinɔ tsitsi dahe siwo tutu aɖatsi le mo na wo! Mina maka ɖe esia dzi na mi, nɔvinyɔnu, l�l�a, menye nenema wòle le gama ne egbɔ ya mamletɔ heɖo go kemɛ dzi o. Mexɔe se gobii bena Ele xɔ sia me. Anyin� bubu me ko míawo ya míele agbe le. Nu gbegbl koe nye sia si me míele agbe le fifia.

“Gake l� le menye, Aƒetɔ, Wò l�l�nu nava me.” Wò hã do gbe ɖa, esime mí katã míele gbe dom ɖa.

Kple bubu gãa ɖe la, Aƒetɔ, hetsi tre ɖe Wò Nya kple Wò Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi la, míele dzidzɔ kpɔm bena míenya afisi míaƒe Dzidzi la tso. Dzi le mía dzɔm bena wodzi mí, “menye to ame ƒe l�l�nu me, alo to ŋutilã ƒe l�l�nu me o, ke boŋ Mawu ƒe l�l�nu me.”

Eye míele gbe dom ɖa, Fofo, egbea, bena amesiawo si le tsɔtsɔke ƒe amenuveve biam la, bena Wò Gbɔgbɔ

Page 16: EWETR-BEYO ɣeyiɤi Metsovɔ La Godo VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWETR-BEYO Beyond The...metsovɔ la godoa?” Meɖo ŋu be, “Esia akpe ɖe ŋunye ŋutɔ.” Kasia kpɔ ɖa,

14

nawɔ dɔ sia, Aƒetɔ. Mɔnu aɖeke meli si matsɔ awɔe o; Amegbetɔ ko menye, Kis vi bubu aɖe ko. Gake míehiã Wò, Gbɔgbɔ Kɔkɔe.

Mawu, na manɔ abe Samuel ene, amesi gblɔa Nyateƒe si tso Nya la me. Eye Wòe ɖo kpe Edzi, vaseɖe fifi, eye mexɔ se be Wòe àgayi dzi, zi alesi makpɔtɔ anye nuteƒewɔla na Wò.

Na wo katã naxɔ Agbemavɔ dzro, Fofo. Na be ŋkeke sia nagato wo ŋu yi o. Ne gaƒoƒo de be woadzo le xexe sia me la, na bena esia, nya si megblɔ na wo fifi laa la, nadzé azu nu ŋutɔŋutɔ na wo. Eye esi míenɔ anyi ɖe afisia, abe kukuawo ene, egbe sia, hele míaƒe game kpɔm, eye míele tame bum tso míaƒe ŋdɔnuɖuɖu ŋuti, kple etsɔ ƒe dɔwɔwɔ ŋuti, kple agbe me ƒe nuxaxawo kpakple dagbadagbawo ŋuti la, nu siawo megale anyi nɔ ge le ɣemaɤi me o. Wo katã nu ayi keŋ. Nuxaxa aɖeke maganɔ anyi o; eye Agbemavɔ me dzidzɔ gãa ɖeka koe. Tsɔ Agbe ma ƒomevi na wo, Fofo, wo dometɔ ɖesiaɖe. Ke na…

Mele esia biam wò, Fofo, bena amesiame si le afisia ŋdi sia, esi se mebɔ ŋutega sia la, na be magakpe kple wo dome amesiame le go kemɛ dzi; togbɔ be ɖewomah ŋutsuwo anɔ afisia siwo mal� ɖe tɔnye dzi o, kple nyɔnuwo, hã. Gake, Fofo, megana be esia naxe mɔ na mí kura o. Na míagado go wo le Teƒe ma, eye woawo hã, nasi du, ale míawɔ atuu na mía nɔewo, anɔ ɤli dom be, “Mía nɔviŋutsu vevi.” Na be esia nava me, na amesiame dzro, Aƒetɔ, abe alesi wotsɔe fia le Afima la ene, nu sia nu si mel� kple nu sia nu si l�m la. Mele gbe dom ɖa be nenɔ nenema, Aƒetɔ. Ke nye la mel� wo katã. Na ne wòado va,

Page 17: EWETR-BEYO ɣeyiɤi Metsovɔ La Godo VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWETR-BEYO Beyond The...metsovɔ la godoa?” Meɖo ŋu be, “Esia akpe ɖe ŋunye ŋutɔ.” Kasia kpɔ ɖa,

Fofo. Metsɔ Agbemavɔ ke wo fifia. Na be woawɔ wo tɔ sinua, bena woaxɔ Esia. Le esi mebiae le Yesu ƒe Ŋkɔ me la ta. Amen.

ɣeyiɤi via ɖe koe le mía si, be míado gbe ɖa ɖe dɔnɔwo ta. Mekpɔ be nyɔnuvi suea ɖe nye ekem, nye dɔnɔ, eye aƒenɔ aɖe hã le kekevi me.

Azɔ, na nɔvinyeŋutsu veviwo, nɔvinyɔnuwo, taflatse migase eme nam baɖa o. Nye—nyemenya nusi wònye dzɔ o. Nyemenya nusi wònye dzɔ o. Gake, Mawu, ne meku la, na be magatrɔ yi Teƒe ma. Đe mɔ nam ko be mayi Teƒe ma, afimae medi be manɔ, teƒe si kekeake wòle hã. Menye didim mele be manye Paul si wokɔ dzoe yi dziƒo et�lia o. Menye nenema gblɔm mele o. Mexɔe se be ɖeko Wòdi be yeado ŋus m, hele didim be yeatsɔ nane sue aɖe nam si atutum ɖo ɖe ŋgɔgbe, le nye subɔsubɔdɔ yeye si gbɔna la me.

(Woɖee tso Fia Si Wogbe La me, Dame 15, 1960.)

EWE

©2015 VGR, ALL RIGHTS RESERVED

VOICE OF GOD RECORDINGSP.O. Box 950, Jeffersonville, Indiana 47131 U.S.A.

www.branham.org

Page 18: EWETR-BEYO ɣeyiɤi Metsovɔ La Godo VGRdownload.branham.org/pdf/EWE/EWETR-BEYO Beyond The...metsovɔ la godoa?” Meɖo ŋu be, “Esia akpe ɖe ŋunye ŋutɔ.” Kasia kpɔ ɖa,

Copyright ƒe kaklãnana

Dzenawo katã nye etɔ. Woate ŋu ata agbalẽ sia le ame ŋutɔ ƒe agbelẽtam dzi hena eŋudɔ wɔwɔ na ame ɖokui alo na emamã, femaxee, sigbe Yesu Kristo ƒe Nyanyuie kaka ƒe dɔwɔnu ene. Womate ŋu adzra agbalẽ sia loo atae le agbɔsɔsɔ gã me, adae ɖe website dzi alo aƒo tee ɖe ma ɖe me daɖi be woagava tsɔe, alo aɖe egɔme ɖe gbe bubuwo me, alo azãe atsɔ bia gae mɔɖeɖe si woŋlɔ maxɔmaxɔ tso Voice Of God Recordings gbɔ o ®.

Hena nananyanya bubu geɖewo alo nu bubu geɖewo ƒe xɔxɔ la, taflatse miŋl nu na:

VOICE OF GOD RECORDINGSP.O. BOX 950, JEFFERSONVILLE, INDIANA 47131 U.S.A.

www.branham.org